Acts 11

Petro ɖe eɖokui nu

1Eteƒe medidi kura hafi apostoloawo kple nɔvi bubu siwo le Yudea la se be Trɔ̃subɔlawo hã xɔ nyanyui la o. 2Ke esi Petro trɔ va ɖo Yerusalem la, Yudatɔ siwo xɔ Yesu dzi se la he nya ɖe eŋu vevie hegblɔ nɛ be,

3“Wò la, èyi ɖade ha kple Trɔ̃subɔlawo eye mi kple wo mieda asi agba ɖeka me ɖu nu gɔ̃!”

4Esia na be Petro gblɔ ale si nyawo katã va dzɔe la na wo. 5Egblɔ na wo be, “Gbe ɖeka esime menɔ gbe dom ɖa le Yopa la, mekpɔ ŋutega aɖe. Nu si tututu mekpɔe nye be, aklala gã aɖe si wotsi ka ɖe eƒe dzogoe eneawo dzi la ɖiɖi ɖe gbɔnye tso dziƒo. 6Esi melé ŋku ɖe aklalaa dzi la mekpɔ anyigbadzilã afɔeneawo, lã wɔadãwo kple nutatawo kpakple dziƒoxeviwo le afi ma. 7Mese gbe aɖe wòle gbɔgblɔm nam be, ‘Petro, tsi tre. Wu wo nàɖu.’”

8“Ke meɖo eŋu be, ‘Kpao, Aƒetɔ, nyemate ŋu awɔ esia o. Nyemeɖu lã makɔmakɔ siawo dometɔ aɖeke kpɔ o elabena wonye kɔ na mí Yudatɔwo.’”

9“Ke megase gbeɖiɖia tso dziƒo wògblɔ nam be, ‘Ne Mawu da asi ɖe nane dzi be ekɔ la, wò la, mègagblɔ be mekɔ o!’”

10“Nuwɔna sia yi edzi zigbɔzi etɔ̃ sɔŋ eye emegbe la wohe aklala la kple nu siwo katã nɔ edzi la yi dziƒoe. 11Le ɣemaɣi me tututu la, ame dɔdɔ etɔ̃ aɖewo tso Kaisarea va ɖo aƒe si me menɔ la me be yewoakplɔm ayi Kaisarea. 12Gbɔgbɔ Kɔkɔe la de dzi ƒo nam be magaxa nu be wonye Trɔ̃subɔlawo o ke boŋ mayi kpli wo. Eya ta nye kple nɔvinye ade siwo le afii la míedze mɔ heyi. Eteƒe medidi o míeva ɖo ame si dɔ ame ɖo ɖem la ƒe aƒeme la Kaisarea. 13Ŋutsu sia gblɔ ale si mawudɔla aɖe ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ na ye be, ‘Dɔ ame ɖo ɖa Yopa ne woayɔ Simɔn si wogayɔna hã be Petro la vɛ na wò. 14Atsɔ gbedeasi aɖe vɛ na wò si ana be wò kple wò aƒe siaa miakpɔ ɖeɖe.’

15“Esi mese nya sia la, mede asi nyanyui la gbɔgblɔ me na wo. Ke esi mele nyaa gbɔgblɔ dzi la, Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ŋutɔ dze wo dzi abe ale si tututu wòdze míawo hã dzii le gɔmedzedzea ene. 16Esi nu sia dzɔ alea ko la, Aƒetɔ ƒe nya si wògblɔ be, ‘Ẽ, Yohane, de mawutsi ta na amewo kple tsi ke miawo la woade mawutsi ta na mi kple Gbɔgbɔ Kɔkɔe la,’ va tame nam enumake. 17Azɔ esi wònye Mawu ŋutɔe na nunana sia trɔ̃subɔla siawo abe ale si wòna míawo hã be míaxɔ Aƒetɔ Yesu Kristo dzi se ene ta la, ame kae menye be mahe nya kple Mawu?”

18Nya sia wɔ dɔ ɖe apostoloawo kple Yudatɔ siwo xɔ Yesu dzi se la dzi ale gbegbe be womegahe nya aɖeke kura o ke boŋ wogblɔ be, “Nyateƒee, Mawu ŋutɔ na mɔnukpɔkpɔ tɔxɛ sia Trɔ̃subɔlawo hã be woate ŋu atrɔ va ye gbɔ eye woakpɔ agbe mavɔ.”

Antioxia Hame la

19Le ɣeyiɣi siawo me la, xɔsetɔ siwo si le Yerusalem, le yometiti si va le Stefano wuwu megba la, dometɔ aɖewo zɔ mɔ yi kekeke Foenike, Kipro kple Antioxia nutowo me henɔ nyanyui la gblɔm na ame siwo nye Yudatɔwo ko. 20Gake xɔsetɔ siwo tso Kipro kple Kirene heyi Antioxia la dometɔ aɖewo ƒo nu na Helatɔ aɖewo hã le Aƒetɔ Yesu ŋu. 21Eye Aƒetɔ la de bubu nu si wowɔ la ŋu ale be Trɔ̃subɔla siawo dometɔ geɖewo trɔ zu Yesu yomedzelawo.

22Esi hame si le Yerusalem se nu si le edzi yim la, woɖo Barnaba ɖe Antioxia be woaɖakpe ɖe xɔsetɔ yeyeawo ŋu. 23Esi Barnaba kpɔ nu gã siwo Mawu wɔ le Antioxia la, dzi dzɔe ŋutɔ. Egado ŋusẽ xɔsetɔawo be woayi dzi alé ɖe Mawu ŋu goŋgoŋgoŋ nenye be nya sia nya le dzɔdzɔm hã. 24Barnaba nye ŋutsu dɔmenyotɔ aɖe si me Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fũ eye eƒe xɔse hã li ke sesĩe. To ame sia ƒe dɔwɔwɔ me la, ame geɖewo trɔ zu xɔsetɔwo.

25Tso Antioxia la, Barnaba ti Saul ƒe mɔ yi Tarso. 26Esi wòke ɖe eŋu la ekplɔe eye wo ame evea trɔ va Antioxia henɔ afi ma ƒe ɖeka sɔŋ, nɔ nu fiam xɔsetɔwo. Antioxiae wona ŋkɔ xɔsetɔwo le zi gbãtɔ be, “Kristotɔwo.”

Nunana Kristo Hame si le Yerusalem

27Le ɣeyiɣi sia me tututu la, nyagblɔɖila aɖewo tso Yerusalem va Antioxia. 28Gbe ɖeka wo dometɔ ɖeka si woyɔna be Agabo la gblɔ nya ɖi tso Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ƒe ŋusẽ me be dɔ gã aɖe gbɔna toto ge le xexeame katã. Nya sia va eme le fia Klaudio ƒe dziɖuɣi. 29Le esia ta xɔsetɔwo ɖo be yewoadzɔ nu, aɖo ɖe yewo nɔvi Kristotɔ siwo le Yudea eye ame sia ame nadzɔ nu abe ale si wòate ŋu ene. 30Wowɔ esia eye wotsɔ woƒe nunanawo de Barnaba kple Saul si be woatsɔ ayi na hanunɔlawo le Yerusalem.

Copyright information for EweBEE